Mark 9:38-40

Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le mía dzi

(Luka 9:49-50)

38Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamii le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”

39Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye futɔ o. 40Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le míaƒe akpa dzi.”
Copyright information for EweBEE